Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Esi meyi to la dzi, be maxɔ kpeawo, esiwo dzi nusi Yehowa bia kpli mi le la, metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abolo maɖumaɖu kple tsi manomano;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Menɔ toa dzi ɣe ma ɣi, eye menɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi, si nye kpe siwo dzi wòŋlɔ seawo ɖo la xɔm. Menɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene. Nyemeɖu naneke le ɣeyiɣi ma katã me o. Nyemeno tsi gɔ̃ hã o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 9:9
17 Mawu Ofanana  

Tete wòtsi tre ɖu nu no nu, eye nuɖuɖu sia do ŋusẽe wòzɔ ŋkeke blane kple zã blane vaseɖe Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Edo ŋu bena: Magadza wo o! Ɖe nèbe, yeadza amesiwo metsɔ wò yi kple wò dati de aboyoe o la? Tsɔ abolo kple tsi ɖo wo kɔ me, ne woaɖu nu ano nu, eye wòayi woƒe aƒetɔ gbɔ.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Va gbɔnye le to la dzi, eye natsi anyi, ne matsɔ kpe, siwo dzi meŋlɔ ɖoɖoawo kple seawo ɖo, bena nafia wo la, na wo!


Esi Mose yi toa dzi la, tete alilikpo va tsyɔ to la.


Eye Mose to alilikpoa me lia to la, eye Mose nɔ toa dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ.


Eye esi wòƒo nu kple Mose le Sinai-toa dzi vɔ la, etsɔ kpe eveawo, siwo dzi sea le la ne, kpe, siwo dzi Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibide ŋlɔ nui ɖo.


Esi dukɔ la kpɔ bena: Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Aron ŋu, eye wogblɔ nɛ bena: Netsɔ, wɔ mawu na mí, si azɔ mía ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi gɔ̃ wɔe o.


Eye wono Yehowa gbɔ afima ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ, abolo maɖumaɖu kple tsi manomanoe. Eye woŋlɔ nubabla ƒe nya ewoawo ɖe kpeawo dzi.


Eye esi wòtsi nu do ŋkeke blane kple zã hã blane megbe la, do va wui.


Nusiawo nye lododo; elabena esiawo nye nubabla eveawo. Ɖeka tso Sinai-to la dzi, si dzia vi hena kluvinyenye, esia nye Hagar;


Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.


Le ŋkeke blane kple zã blane megbe la Yehowa tsɔ kpe eveawo, siwo nye nubabla ƒe kpeawo la nam.


Tete metrɔ heɖi tso to la dzi, le esime dzo le dzi ɖem le to la nu, eye melé nubabla ƒe kpe eveawo ɖe nye asiawo kple eve.


Eye mede ta agu ɖe Yehowa ŋku me abe tsã ene, ŋkeke blane kple zã blane, abolo maɖumaɖu kple tsi manomano le miaƒe nuvɔ̃, siwo katã miewɔ la ta; elabena miewɔ vɔ̃ hedo dziku na Yehowa.


esi me sikadzudzɔmlekpui kple nubablaɖaka, si ŋu wofa sika ɖo kpe ɖo la le, eye eya me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa