Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 9:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye mede ta agu ɖe Yehowa ŋku me abe tsã ene, ŋkeke blane kple zã blane, abolo maɖumaɖu kple tsi manomano le miaƒe nuvɔ̃, siwo katã miewɔ la ta; elabena miewɔ vɔ̃ hedo dziku na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Le esia megbe la, meganɔ Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene numaɖumaɖu, tsimanomano, elabena miewɔ nu si Yehowa lé fui wu nu sia nu, eye miena wòdo dɔmedzoe vevie ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 9:18
11 Mawu Ofanana  

Ke Dawid ƒo koko na Mawu le ɖevi la ta, eye Dawid tsi nu da, eye wòtsi anyigba da.


Tete wòtsi tre ɖu nu no nu, eye nuɖuɖu sia do ŋusẽe wòzɔ ŋkeke blane kple zã blane vaseɖe Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Tete Ezra fɔ tso mawuxɔ la ŋgɔ heyi Yoxanan, Elyasib vi ƒe xɔ me. Eye esi wòva afima la, meɖu abolo o, eye meno tsi o. Elabena exa nu le aboyomeawo ƒe nu tovo wɔwɔ ŋuti.


Tete wòbe, yeatsrɔ̃ wo, ɖe menye eƒe ame tiatia Mose ye tsi tre ɖe gbagbãƒe le eŋku me, ne wòafa eƒe dziku nu, be magagblẽ nu o la!


Eye wono Yehowa gbɔ afima ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ, abolo maɖumaɖu kple tsi manomanoe. Eye woŋlɔ nubabla ƒe nya ewoawo ɖe kpeawo dzi.


gblɔ bena: Aƒetɔ, ne eve nunye la, ekema meɖe kuku be, Aƒetɔ ŋutɔ nanɔ mia dome ayi, elabena dukɔ kɔ lialiatɔ wònye, eyata tsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ke mi, eye naxa mí awɔ tɔwòe.


Ke metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abe tsã ene; eye Yehowa se nye gbe ɣemaɣi hã, eye Yehowa be, yemagatsrɔ̃ wò o.


Tete mekɔ kpe eve, siwo le nye asiawo kple eve la dzi hexlã ɖe anyi, eye megbã wo le mia ŋku me.


Ale mede ta agu na Yehowa, eye metsi nenema ŋkeke blane kple zã blane, le esi Yehowa gblɔ be, yeatsrɔ̃ mi ta.


Esi meyi to la dzi, be maxɔ kpeawo, esiwo dzi nusi Yehowa bia kpli mi le la, metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abolo maɖumaɖu kple tsi manomano;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa