Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete Yehowa gblɔ nam bena: Mekpɔ dukɔ sia bena, dukɔ kɔlialiatɔ wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mekpɔe be dukɔ sia nye ame kɔlialiatɔwo sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 9:13
12 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa.


Eyata maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya.


Ke womeɖo to o, hafi boŋ wosẽ ta me abe wo fofo, siwo mexɔ Yehowa, woƒe Mawu dzi se o la ene


Nye dukɔ, see, mele nu ƒo ge; Israel, maɖi ɖase na wò be: Mawu, wò Mawu, menye!


Mekpe wò ahasiwɔwɔ, wò gbetete, wò amatrewɔwɔ vivivo kple wò ŋunyɔnuwɔwɔwo le togbɛwo dzi le gbegbe. Yerusalem, baba na wò! Ɣekaɣi gɔ̃ hafi ŋuwò nakɔ?


Ɖe aƒe sia, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la, zu adzodalawo ƒe do le mia ŋku mea? Yehowa be: Nye hã mekpɔe!


Mekpɔ nusi mele gbɔgblɔ me o la, le Israel ƒe aƒe le me; Efrayim tsɔ ahasiwɔwɔ do dɔe le afima, eye Israel do gu eɖokui.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eyata mitso aʋa na miaƒe dziwo, eye migalia ʋume azɔ o.


Elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialia. Kpɔ ɖa, ŋkeke alesi menɔ mia gbɔ la, miesẽ to ɖe Yehowa ŋu vaseɖe fifi; evɔ, ne meku ɖe?


Eyata nyae bena, menye esi nènye ame dzɔdzɔe ta Yehowa, wò Mawu be, yeatsɔ anyigba nyui sia na wò wòanye tɔwo ɖo o, elabena dukɔ kɔlialiatɔ nènye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa