Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 anyigba, si dzi nakpɔ nu geɖe aɖu le, eye naneke mahiã wò o, anyigba, si ƒe kpewo nye ga yibɔ, eye naku ga tso towo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Nuɖuɖu bɔ ɖe anyigba sia dzi. Naneke mehiãa ame le afi ma o. Gayibɔ bɔ ɖe afi ma abe kpe ene, eye akɔbli sɔ gbɔ ɖe towo me.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 8:9
8 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, medze agbagba ƒo sika talento akpe alafa kple klosalo talento akpe teƒe akpe nu ƒu ɖe Yehowa ƒe xɔ la ŋu hekpe ɖe akɔbli kple gayibɔ, siwo mele dada me o la ŋuti, wosɔ gbɔ ŋutɔ; meƒo atiwo kple kpewo nu ƒu, eye nadi bubuwo akpe de wo ŋu!


Eye Dawid ƒo gayibɔ nu ƒu fũ ɖe agboawo ŋu ʋɔtruwo ƒe gatagbadzɛwo kple gatagbadzɛ gã gobawo wɔwɔ ŋuti; akɔbliawo mele dada me o,


Wokua ga yibɔ tso to me, eye kpe wolólona wòzua akɔbli.


Wò gametiwo nye gayibɔ kple akɔbli, eye akpɔ dzudzɔ le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kafu Yehowa, wò Mawu, le anyigba nyui, si wòna wò la ta.


anyigba, si dzi lu kple mɔli, weinkawo, gbotiwo kple yevuboɖatiwo le, anyigba, si dzi amitiwo kple anyitsi le,


gblɔ na wo bena: Mitsɔ kesinɔnu geɖewo kple lã geɖewo, klosalo kple sika, akɔbli kple gayibɔ kpakple avɔ geɖewo fũ gbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo mee, eye mia kple mia nɔviwo mimã miaƒe futɔwo ƒe aboyonuwo me!


Ne mieyi la, miage ɖe dukɔa ɖe, si li bɔkɔɔ la dome, eye anyigba la keke ta; elabena Mawu tsɔ anyigba, si dzi hiã metua ame le naneke me o la, de asi na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa