Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 anyigba, si dzi lu kple mɔli, weinkawo, gbotiwo kple yevuboɖatiwo le, anyigba, si dzi amitiwo kple anyitsi le,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Lu, mɔlu, wainkawo, amitiwo, yevuboɖatiwo le anyigba sia dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 8:8
23 Mawu Ofanana  

Ede ka eƒe tedzivi de weinka ŋuti, kple eƒe tedzinɔvi ɖe weinka nyui ƒe abɔwo ŋui! Enyã eƒe avɔ le wein me, kple eƒe avu le weintsetse me tsi me.


Wova aƒea me, be woatsɔ lu; eye woda nu dɔ me nɛ, eye Rexab kple nɔvia Baana wosi dzo.


Enya nu wu amegbetɔwo katã kple Ezraxitɔ Etan kpakple Maxol viwo Xeman, Xalkol kple Darda, eye eƒe ŋkɔ nya le dukɔwo katã dome godoo va kpe.


vaseɖe esime mava, eye makplɔ mi ayi anyigba, si le abe mía ta ene la dzi, anyigba, si dzi bli, wein kple abolo, weingblewo, amitiwo kple anyitsi le, ne miano agbe, eye miaku o. Migado to Xizkiya o! Mia blem wòle le gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mí!


eya, amesi na wò liƒowo ŋu fa, eye wòtsɔ lu ʋaʋã ɖi ƒoe na wò.


anye ne Yehowa ƒe adikãtɔwo avivi nu me na wo, eye woƒe ɣeyiɣi anɔ anyi tegbee;


Eye wòava me le ɣemaɣi be, afisi weinka akpe le, eye woxɔa klosalo sekel akpe la, lazu aŋɔka kple ŋuwò.


Eye mekplɔ mi va anyigba wɔnu dzi, be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo; ke miawo mieva hedo gu nye anyigba la, eye mietsɔ nye domenyinu la wɔ ŋunyɔnui.


Aɖu wò agblemenu kple wò abolo, aɖu wò ŋutsuviwo kple wò nyɔnuviwo, aɖu wò alẽwo kple wò nyiwo, aɖu wò weinka kple wò gbotiwo, eye atsɔ yi agba wò du sesẽ, siwo ŋu nèle dzi ɖem ɖo.


Yuda kple Israel tsa asi kpli wò; wotsɔ Minitɔwo ƒe lu, ƒo, anyitsi, ami kple lili ƒle wò adzɔnuwoe.


ànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me, ne nadze si Yehowa.


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


Eye wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zehaotƒe nue gblɔe,


Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana, nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o.


Eye wova Eskol-bali la me, afisi wotso weintsetse kpo ɖeka le, eye ame eve ƒo ati ɖe eme hetsɔ; wogbe yevuboɖawo kple gbotsetsewo hã.


Tete woƒo wo nu ƒu, eye lubolo atɔ̃, siwo ameawo ɖu la, ƒe kakɛ, siwo susɔ la, yɔ kevi wuieve fũ.


Ɖekakpuia ɖe le afii, eye lubolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le esi; gake nuka wònye na ame geɖe siawo mahã?


Ekplɔe, wonyã avuzi le anyigbawo dzi, eye wòna woɖu gbemekutsetsewo. Ena anyitsii tso agakpe la me wono kple amii tso kpekui sesẽwo me.


Ena nyinotsi kpekẽ kple alẽnotsii hekpe ɖe alẽviwo kple agbowo, Basan-nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe amiwo ŋu. Ena bli dokuwoe, eye wòna wein nyuitɔe wòno.


Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.


Elabena Yehowa, wò Mawu, le kplɔ wò ge ava anyigba nyui, si dzi tɔʋuwo, vudowo kple tawo, siwo dzɔ tso towo dzi kple baliwo me le la dzi,


anyigba, si dzi nakpɔ nu geɖe aɖu le, eye naneke mahiã wò o, anyigba, si ƒe kpewo nye ga yibɔ, eye naku ga tso towo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa