Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 8:3
15 Mawu Ofanana  

Wobia nu, eye wòhe tegliwo va; dziƒobolo wòtsɔ di ƒo na woe.


Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware!


Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.“


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe le Mawu ƒe nya sia nya ŋuti.“


Eye wo katã woɖu gbɔgbɔ me nuɖuɖu ma ke.


Miekpɔ abolo ɖu o, eye mieno wein alo aha mũamea ɖeke o, ne miadze su be, nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Eye esi mieva teƒe sia la, Sixon, Xesbon-fia kple Og, Basan-fia ho aʋa ɖe mia ŋuti, ke miesi wo,


Elabena menye nya gbɔlo wonye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee; eye nya sia ana mianɔ agbe didie le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.


Esi meyi to la dzi, be maxɔ kpeawo, esiwo dzi nusi Yehowa bia kpli mi le la, metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abolo maɖumaɖu kple tsi manomano;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa