Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 7:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Megado ŋunyɔnua ɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Mègatsɔ ŋunyɔnu aɖeke va aƒewò me o, ne menye nenema o la, wò hã àzu busunu si woɖo anyi na tsɔtsrɔ̃. Tsri wo vevie, eye woanyɔ ŋu na wò elabena busunuwoe wonye.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 7:26
15 Mawu Ofanana  

Gbemagbe la amegbetɔ atsɔ eƒe klosalolegba kple eƒe sikalegba, siwo wòwɔ, be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo,


Miado gu klosalo, siwo wofa ɖe miaƒe aklama kpakpawo ŋu, kple sika, si le miaƒe legbawo ŋu; miaɖe wo ɖa abe ŋunyɔnu ene ahagblɔ ɖe wo ŋu bena Mido!


Kpɔ ɖa, miele ɖeke me o, eye tofloko enye miaƒe dɔwɔwɔ; amesi tia mi la, ŋunyɔ wònye!


Woayi afima, eye woaɖe eƒe legbawo katã kple eƒe ŋunyɔnuwo katã ɖa le edzi.


Elabena ne Israel ƒe aƒe la ƒe amea ɖe, alo amedzro, siwo le Israel la dometɔa ɖe trɔ le yonyeme, elé eƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ eƒe vodada ƒe nukikli ɖo ŋku me heva nyagblɔɖila gbɔ, ne woabia gbem nɛ la, nye Yehowa ŋutɔ maɖo ŋu nɛ.


Amewo aganu eƒe vɔvɔli te, eye woaƒã bli; woaƒo se abe weinka ene, eye woaxɔ ŋkɔ abe Libanon ƒe wein ene.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nyee ɖoe ɖa, be wòayi fiafitɔ kple atam dzodzro kala ƒe me le nye ŋkɔ me, eye wòatsi eƒe xɔ me afiã eƒe xɔtlwo kple kpewo.


Wò amesi gblɔ bena, womegawɔ ahasi o la, wòe wɔ ahasia? Wò amesi nyɔ ŋu trɔ̃wo la, wòe ha trɔ̃subɔƒenuwo mahã?


ekema nadza du ma me tɔwo kple yi, eye natsrɔ̃e kple nusiwo le eme la gbidigbidi, eye nadza woƒe lãwo kple yi.


Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.


Megana busunuawo dometɔa ɖeke nalé ɖe wò asi ŋu o, bena Yehowa ƒe dɔmedzoe nu nata, eye wòave nuwo ahana nadzi ɖe dzi, abe alesi wòka atam na fofowòwo ene;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa