Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 7:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 eye wòalɔ̃ wò, ayra wò, eye wòana nadzi ɖe dzi, ayra wò dɔmevi kple wò anyigba dzi nukuwo, wò bli, wò wein kple wò ami, wò nyinɔ kple wò alẽnɔ, le anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Kpe ɖe esia ŋu la, alɔ̃ wò, ayra wò, eye wòawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe. Ana nàdzi asɔ gbɔ, wò anyigba nanyo nukuwo, eye wò lãwo hã nadzi asɔ gbɔ, ale be wò bli, wain, ami, nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo asɔ gbɔ ne mieva ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo be yeatsɔ na wo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 7:13
26 Mawu Ofanana  

Eyata, mía Mawu, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋu ŋɔdzi le, wò amesi lé nubabla kple amenuveve me ɖe asi la, fu, siwo katã dzɔ ɖe mía kple míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo, nyagblɔɖila wokple mía fofowo kpakple wò dukɔ blibo la dzi tso Asur-fiawo ŋɔli vaseɖe egbe la, megaɖi nu tsɛ le ŋkuwò me o!


Ɖe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Eyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi.


Yehowa yra Hiob fifia wu tsã, eye alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka nɔ esi.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Eyra wo, eye wodzi ɖe dzi ŋutɔ, eye meke woƒe lãwo dzi ɖe o.


Elabena Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ; dzime dzɔdzɔe tɔwo akpɔ eƒe ŋku me.


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Yehowa naa ŋkuagbãtɔwo kpɔa nu, Yehowa fɔa amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.


Ne miesubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la, ekema ayra ɖe wò nuɖuɖu kple wò nunono dzi, eye maxe mɔ na dɔléle, be mava mia dome o.


Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.


Ame vɔ̃ɖi ƒe zɔzɔme enye ŋunyɔ na Yehowa: ke elɔ̃a amesi tia dzɔdzɔenyenye yome?


Matrɔ ɖe mia ŋu, eye mana míadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu, si mebia kpli mi la dzi.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae.


Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


ke Fofoa ŋuta lɔ̃a mi, elabena miawo mielɔ̃m, eye miexɔe se bena, medo go tso Mawu gbɔ.


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.


Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèlé eƒe se, siwo katã meɖe na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, wò Mawu, atsɔ wò aɖo gã ɖe anyigba dzi dukɔwo katã nu.


Eye Yehowa ana wò kesinɔnuwo kple wò dɔmevi, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò va anyigba, si fofowòwo xɔ la dzi, eye naxɔe wòanye tɔwo; awɔ nyuie na wò, eye wòana nadzi ɖe dzi wu fofowòwo.


Menye esi miesa gbɔ wu dukɔwo katã ta Yehowa ku ɖe mia ŋu, eye wotia mi ɖo o, elabena miele ʋee le dukɔwo katã dome;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa