Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 7:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne miese se siawo, mielé wo me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, mia Mawu, awɔ nubabla kple nublanuikpɔkpɔ, si ŋu wòka atam ɖo na mia fofowo la dzi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Le wò seawo dzi wɔwɔ ta la, Yehowa, wò Mawu la awɔ ɖe eƒe nubabla si wòtsɔ lɔ̃ wò kple fofowòwo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 7:12
19 Mawu Ofanana  

gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mele abe wò ene le dziƒo afime kple anyigba dzi afi o; èdzra nubabla kple amenuveve ɖo na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple woƒe dzi blibo.


gblɔ bena: Ao, Yehowa, dziƒo Mawu, wò Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, amesi lea nubabla kple amenuveve me de asi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe seawo me ɖe asi la,


Eyata, mía Mawu, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋu ŋɔdzi le, wò amesi lé nubabla kple amenuveve me ɖe asi la, fu, siwo katã dzɔ ɖe mía kple míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo, nyagblɔɖila wokple mía fofowo kpakple wò dukɔ blibo la dzi tso Asur-fiawo ŋɔli vaseɖe egbe la, megaɖi nu tsɛ le ŋkuwò me o!


na amesiwo léa eƒe nubabla me ɖe asi, eye woɖoa ŋu eƒe seawo, ne woawo wo dzi.


ne woawɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, si woŋlɔ di la, dzi ɖe wo ŋu. Atsyɔ̃ nye esia na eƒe mawumemewo katã. Mikafu Yehowa!


gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.


ne mawɔ atam, si meka na mia fofowo be, matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na wo la dzi, abe alesi wòzu egbeawo ene. Eye meɖo ŋu gblɔ bena: Yehowa, neva me!


Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi!


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.


ate alesi wòƒo nu na mía fofowo ene, na Abraham kple eƒe ƒome vaseɖe mavɔ me.


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


Ne mielé to ɖe se, siwo mede na mi egbe ŋu pɛpɛpɛ, eye mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye míesubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me la,


ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wòwɔa nye sewo dzi la nu.


Eyata lé se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo megblɔ na wò egbe la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Eyata nyae bena, Yehowa, wò Mawu la, Mawu vavã kple Mawu anukwaretɔ wònye, amesi wɔa eƒe nubabla kple nublanuikpɔkpɔ dzi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe se dzi la, vaseɖe dzidzime akpe dzi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa