Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eɖoa teƒe na eƒe fufuwo ŋutɔwo, eye wòtsrɔ̃a wo, eye mehena ɖe megbe le eƒe futɔwo tsɔtsrɔ̃ me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume, eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 7:10
18 Mawu Ofanana  

Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


Kpɔ ɖa, woɖoa eteƒe na ame dzɔdzɔe ke hã le anyigba dzi, ʋuu keke wòayi ame vɔ̃ɖiwo kple nuvɔ̃wɔlawo nye gea?


Aɖo eteƒe ɖe nuwɔwɔwo nu: eƒe ketɔwo to enye dziku, teƒeɖoɖo enye eƒe futɔwo tɔ, eye wòaɖo ƒukpowo ƒe nuwɔwɔwo teƒe na wo.


wò amesi ve ame akpe nanewo nu, eye neɖo fofowo ƒe yodadawo teƒe ɖe akɔ me na wo viwo le wo megbe, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot;


Mawu: ŋuʋãla kple hlɔ̃biala enye Yehowa; Yehowa biaa hlɔ̃, eye dzl kunɛ vevie; Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa nya ɖe dɔ me na eƒe futɔwo.


Ne aɖaka la ho la, Mose gblɔna be: Yehowa, tsi tre, ne wò fofowo naka hlẽ, eye amesiwo le fu wò la, nasi le nuwò!


Yehowa gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ, etsɔa vodada kple dzidada kena, ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti fe na viwo vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“


Yi aɖu nu le gota, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, vidzĩewo kple amegã taɣìwo siaa.


Tanye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo le gbesigbe woƒe afa ada; elabena woƒe gbegblẽɣi le aƒe tum, eye nusi woɖo ɖe wo ŋu la, le edzi ɖo ge kaba.


Ne menyre nye yi dadzo la, eye meɖe asi ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, ekema mabia hiã nye futowo, eye maɖo teƒe na nye ketɔwo.


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


Eyata lé se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo megblɔ na wò egbe la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Eyata nyae bena, Yehowa, wò Mawu la, Mawu vavã kple Mawu anukwaretɔ wònye, amesi wɔa eƒe nubabla kple nublanuikpɔkpɔ dzi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe se dzi la, vaseɖe dzidzime akpe dzi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa