Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Ne Yehowa miaƒe Mawu kplɔ wò yi Ŋugbedodonyigba la dzi, abe ale si wòle wɔwɔ ge kpuie ene la, atsrɔ̃ dukɔ adre siwo dometɔ ɖe sia ɖe lolo, eye wòsẽ wu wò. Dukɔ siawoe nye: Hititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 7:1
35 Mawu Ofanana  

Esi wòwɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃wo la, nu tsɛ ko wònye ne; eye wòɖe Zidon-fia Etbaal ƒe vinyonu Izebed, eye wòyi ɖasubɔ Baal hede ta agu nɛ.


Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgastiɔwo,


Dukɔ, siwo katã kpɔtɔ le Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo dome, amesiwo metso Israel dome o la,


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, amegãwo va gbɔnye gblɔ bena: Israel-dukɔ la, nunɔlawo kple Lewi-viwo meɖe wo ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo. Moabitɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ƒe ŋunyɔnuwo me o;


Mekpɔ le ɣemaɣi hã be, Yudatɔwo ɖe nyɔnuwo tso Asdod, Amon kple Moab.


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Ewo nu tsu geɖe, eye neƒo wò ketɔwo ƒu anyi. Wò dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu, eye wòfiã wo abe gbe ene.


Madɔ téamekplɔɖoewo ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Xiwitɔwo, Kanaanitɔwo kple Xititɔwo le ŋgɔwò.


Migabia nu kpli wo alo naxɔ woƒe mawuwo o.


Womeganɔ wò anyigba dzi o, ne womagava ble wò nawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o. Elabena ne èsubɔ woƒe mawuwo la, atrɔ zu mɔ̃ aɖe wò.


Madɔ dɔla ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Kanaanitɔwo, Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo,


Eye makplɔ mi ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Nye Yehowa matsɔe na mi wòanye mia tɔ.


Ne miava Kanaan-nyigba, si matsɔ na mi wòanye mia tɔ la dzi, eye mana anyi nado ɖe xɔa ɖe ŋu le anyigba, si nye mia tɔ dzi la,


Amalekitɔwo le dziehe gome, Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaanitɔwo le ƒu ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka


Ke makplɔ mia vi, siwo ŋu miegblɔ le be, woazu aboyonu la, ayi edzi, bena woakpɔ anyigba, si miedo vloe la.


Eye wòtsrɔ̃ dukɔ adre le Kanaan-nyigba dzi, eye wòmã woƒe anyigba me na wo hena domenymyi.


Ne Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò va anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò dzi la, ekema natsɔ Gerizĩm awɔ yayrato, eye natsɔ Ebal awɔ fiƒodetoe.


Ne èho aʋa ɖe wò futowo ŋu, eye nekpɔ sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔ, si sɔ gbɔ wu wò la, megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, li kpli wò.


Ke mèkpɔ mɔ ana amea ɖeke natsi agbe le dukɔ siawo ƒe du, siwo Yehowa, wò Mawu, ana wò wòanye wò domenyinu lãme o;


Elabena makplɔ wo ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye woaɖu nu aɖi ƒo, akpɔ lãme, emegbe wòadze mawu bubuwo yome asubɔ wo, ke nye la wòado vlom, eye woatu nye nubabla la.


eye Yehowa, wò Mawu ŋutɔ adze ŋgɔwò, atsrɔ̃ dukɔ siawo le ŋkuwò me, be naxɔ woƒe anyigba; Yosua adze ŋgɔwò, abe alesi wòdo ŋugbe ene.


eye wonyã dukɔ gã, siwo sesẽ wu wò la, le ŋgɔwò, bena yeakplɔ wò ayii, atsɔ woƒe anyigba na wò wòanye wò domenyinu, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Esia nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo Yehowa, mia Mawu gblɔ, bena woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, bena míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi,


Ne Yehowa, wò Mawu, kple wò va anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob bena, yeatsɔe na wò dzi, afisi du gã nyui, siwo menye wòe tso wo o la le,


eye Yehowa anyã wò futɔwo katã le ŋgɔwò, abe alesi wòdo ŋugbe ene.


ke èkplɔ miawo va tso afima, bena wòakplɔ mi ayii, ne wòatsɔ anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na mía fofowo la na mí.


Israel, see, èle Yordan tso ge egbea, ne nayi aɖanyã dukɔ, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò, eye naxɔ woƒe du, siwo lolo, eye wo ŋu gliwo kɔ ɖatɔ dziƒo la,


Eyata nyae egbea bena, Yehowa, wò Mawu, si nye dzo binu la, dze ŋgɔwò yi toa godo, eya ŋuta atsrɔ̃ wo, eye woaɖu wo dzi le ŋgɔwò, be nanyã wo, eye natsrɔ̃ wo amloamlo, abe alesi Yehowa do ŋugbe na wò ene.


Ne Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò la, megagblɔ le wò dzi me bena: Esi menye ame dzɔdzɔe ta Yehowa kplɔm yii, bena maxɔ anyigba sia o; evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔ̃ɖinyenye ta Yehowa nyã wo ɖa le ŋgɔwò ɖo hafi.


kpakple Kanaanitɔ, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe. Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo, siwo le towo dzi, kpakple Xiwitɔwo, siwo le Xermon te le Mizpa-nyigba dzi.


Eyome mietso Yordan va Yerixo; tete Yerixotɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Girgasitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo va wo aʋa kpli mi, eye metso wo ɖe asi na mi.


Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa