Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.
ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.
elabena edze ƒã bena, míenye Kristo ƒe agbalẽ, si wotsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ wɔe, si wometsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe o, ke boŋ Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe; womeŋlɔe ɖe nuŋlɔkpewo dzi o, ke ɖe nuŋlɔkpe, siwo nye ŋutilã ƒe dziwo la dzi boŋ.
egblɔ na wo bena: Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, naɖe dzigbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne wòalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.
Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.