16 Migate Yehowa, mia Mawu la kpo, abe alesi mietee kpɔ le Masa la ene o;
16 Mele be nàte Yehowa wò Mawu la kpɔ abe ale si nètee kpɔ le Masa ene o.
Wote Mawu kpɔ le woƒe dziwo me hebia nuɖuɖu na woƒe nudzodzro,
Tete dukɔ la wɔ dzre kple Mose, eye wogblɔ bena: Mina tsi mi miano! Mose ɖo ŋu na wo bena: Nukaŋuti miele dzre wum kplim? Nukaŋuti miele Yehowa tem kpɔ?
Eye wona ŋkɔ teƒe la bena: Masa kple Meriba. Elabena Israel-viwo wɔ dzre, eye wote Yehowa kpɔ gblɔ bena: Ɖe Yehowa le mía dome loo, alo meli o?
Esia nye dzrewɔtsi, si ta Israel-viwo wo dzre kple Yehowa ɖo, eye wòna eɖokui ŋu kɔ le wo dome la.
Yesu gblɔ ne bena: Wogaŋlɔ ɖi hã bena: „Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!“
Eye Yesu xɔ edzi nɛ bena: Wogblɔ ɖi bena: „Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!“
Migana miate Kristo akpɔ, abe alesi wo dome amea ɖewo tee kpɔ fe ye dawo tsrɔ̃ wo ene la o.
Eye wògblɔ le Lewi ŋu bena: Wò Tumim kple Urim enye wò ame kɔkɔe la tɔ. Amesi nete kpɔ le Masa, eye nèwɔ dzre kplii le dzrewɔtsia gbɔ.