Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 5:9
13 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowa bia nu kpli wo, eye wòde se na wo gblɔ bena: Migavɔ̃ mawu bubuwo o, migade ta agu na wo o, migasubɔ wo o, eye migasa vɔ na wo o!


Megade ta agu na mawu bubuwo o, elabena Yehowa enye ŋuʋãla, eƒe ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla.


amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


wò amesi ve ame akpe nanewo nu, eye neɖo fofowo ƒe yodadawo teƒe ɖe akɔ me na wo viwo le wo megbe, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot;


Yehowa gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ, etsɔa vodada kple dzidada kena, ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti fe na viwo vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


ne miagawɔ vɔ ayi legba wɔ ge na mia ɖokui o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔmea ɖeke o;


Elabena Yehowa, wò Mawu la, dzo binu kple Mawu ʋãŋu wònye.


Elabena Yehowa, wò Mawu la, ŋuʋã Mawu wònye le dowòme, bena Yehowa magaɖo dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba dzi o.


eɖoa teƒe na eƒe fufuwo ŋutɔwo, eye wòtsrɔ̃a wo, eye mehena ɖe megbe le eƒe futɔwo tsɔtsrɔ̃ me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa