7 Mawu bubua ɖeke megana asiwò kpe ɖe ŋunye o.
7 “Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o.
Mawu tutɔa ɖeke meganɔ asiwo o, eye megado gbe ɖa na mawu bubuwo o!
Nye dukɔ, see; Israel, maxlɔ̃ nu wò, be aɖo tom loo!
Mawu bubua ɖeke megunɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.
Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“
bena amewo katã nabu Vi la, abe alesi wòbua Fofo la ene. Amesi mele Vi la bum o la, mebua Fofo la, amesi dɔe ɖa la o.
Mikpɔ nyuie, ne miagana miaƒe dzi naɖu mi, eye miatrɔ asubɔ mawu bubuwo, eye miade ta agu na wo o;
Migadze dukɔ, siwo ƒo xlã mi la, ƒe mawuwo yome o.
Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!