Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Menye mía fofowoe Yehowa bia nu sia kpli o, ke boŋ mí, amesiwo katã le agbe le afisia egbe lae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 5:3
12 Mawu Ofanana  

Ke mabia nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò le ƒe, si gbɔna ƒe woalèwoɣi la.


Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


Manɔ abe nusi mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe;


Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mebia nu kple mia fofowo le gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi tso kluvinyenye ƒe me la gblɔ bena:


Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyagblɔɖilawo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di be, yewoakpɔ nusiwo kpɔm miele, eye womekpɔe o; eye be, yewoase nusiwo sem miele la, eye womesee o.


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Miekpɔ nusi Yehowa wo le mia ŋku me ɖe Farao kple eƒe dɔlawo kpakple eƒe dukɔ blibo la ŋu le Egipte-nyigba dzi,


Mi katã miele tsitre ɖe Yehowa, mia Mawu ŋku me egbe, miaƒe towo ƒe amegãwo, miaƒe ame tsitsiwo, mia dzikpɔlawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa