Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 5:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke nukaŋuti miaku azɔ? Elabena dzo gã sia afiã mi; nenye be, míegale Yehowa, mía Mawu, ƒe gbe sem ko la, míava ku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 5:22
11 Mawu Ofanana  

Eye milé ŋku de ɖoɖo kple kɔnu, nufiafia kple se, si woŋlɔ ɖi na mi la ŋu, ne miawɔ wo ŋkekeawo katã, eye migavɔ̃ mawu bubuwo o!


Ale dukɔ la tsi tre ɖe adzɔge ke; ke Mose te ɖe alilikpo dodo, si me Mawu le la ŋu.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Va gbɔnye le to la dzi, eye natsi anyi, ne matsɔ kpe, siwo dzi meŋlɔ ɖoɖoawo kple seawo ɖo, bena nafia wo la, na wo!


Eye esi wòƒo nu kple Mose le Sinai-toa dzi vɔ la, etsɔ kpe eveawo, siwo dzi sea le la ne, kpe, siwo dzi Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibide ŋlɔ nui ɖo.


Ɖe dukɔa ɖe se Mawu ƒe gbe tso dzo me, abe alesi nèsee ene, hetsi agbe kpɔa?


Ena nèse eƒe gbe tso dziƒo, bena wòafia nu wò, eye wòna nèkpɔ eƒe dzo gã la le anyigba dzi, eye nèse eƒe gbe tso dzo la me.


Elabena ameka le ŋutilãwo katã dome, si se Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo me kpɔ abe miawo ene gatsi agbe?


Yehowa ƒo nu kpli mi ŋku me kple ŋku me le to la gbɔ tso dzo me,


Elabena menye to, si ŋu woate ŋu aka asii kple dzo bibi kple alilikpo dodo kple viviti kple ahom


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa