Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 5:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Hawòvi srɔ̃ megabiã ŋu na wò o, eye hawòvi ƒe aƒe kple eƒe agble, eƒe dɔlaŋutsu kple eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyitsu kple eƒe tedzi kpakple nusianu, si nye hawòvi to la, ƒe ɖeke megabiã ŋu na wò o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Mègawɔ ahasi o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 5:18
11 Mawu Ofanana  

Eye Dawid do ame woyi ɖakplɔe vɛ, eye esi wòva egbɔ la, ede asi eŋu. Esi nyɔnu la kpala ɖinu la le eɖokui ŋu vɔ la, etrɔ yi eƒe me.


Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu.


Ne amea ɖe wo ahasi kple ŋutsua ɖe srɔ̃ la, ekema ewo ahasi kple ehavi srɔ̃, eye ele be, woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa.


Eye wòbena: Kawoe? Yesu gblɔ nɛ bena: Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o; Megaɖi aʋatsoɖase o.


Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.


Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò.


Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa