Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 5:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nawɔe kɔkɔe, abe alesi Yehowa, wo Mawu, de se na wò ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 5:12
11 Mawu Ofanana  

Le ɣemaɣi mekpɔ be, amea ɖewo fiã wein le dzudzɔgbe le, wotsɔ lubablawo va aƒee, eye wotsɔ wein, weintsetse kple gbotitsetse kpakple agba vovovowo do agbae na tedziwo hetsɔ va Yerusalem le dzudzɔgbe la. Tete mexlɔ̃ nu wo le gbesigbe wole nuɖuɖuawo dzram.


Eye wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Etsɔ nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Yehowa. Nusi miatsɔ aƒo aboloe la, mitsɔe ƒoe, eye nusi miatsɔ aɖa la, miɖae; ke esi susɔ la, midzrae ɖo hena etsɔ.


Ale dukɔ la dzudzɔ eɖokui le ŋkeke adrelia dzi.


Gblɔ na Israel-viwo bena: Miɖo ŋku ne dzudzɔgbeawo dzi! Elabena dzesi wònye le mia kpli mi kpakple miaƒe dzidzimeviwo dome, ne mianyae bena, nye Yehowa enye amesi wɔ mi kɔkɔe.


Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Yehowa. Amesiame, si awɔ dɔ le dzudzɔgbea dzi la, woawui.


Eye amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye yewoanye dɔlawo ne, wo amesiwo katã dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la,


Ne ète wò afɔ ɖe megbe tso dzudzɔgbe la ŋu, be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ne èyɔ dzudzɔgbe la be: „dzidzɔ“ kple Yehowa ƒe nu kɔkɔe la be „bubu“, eye nède bubu eyama ŋu, ale be mèlé wò mɔ tsɔ o, mèwɔ wò dɔwo o, eye mèƒo nu kpoloe o la,


Migatsɔ agba tso miaƒe aƒewo me do goe le dzudzɔgbe la dzi o, migawɔ dɔa ɖeke ƒomevi o, eye mikɔ dzudzɔgbe la ŋu, abe alesi mede se na mia fofowo ene.


Eye wògblɔ na wo bena: Wowɔ Sabat le ame ta, eye menye ame le Sabat ta o;


Ŋkeke adee nawɔ do, eye nawɔ ŋuwò dɔwo katã;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa