Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;
eye nawɔ ɖoɖo kple se, siwo meɖe na wò egbea la dzi, bena wòanyo na wò kple megbewòviwo, eye nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi tegbee.
Ne miese se siawo, mielé wo me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, mia Mawu, awɔ nubabla kple nublanuikpɔkpɔ, si ŋu wòka atam ɖo na mia fofowo la dzi,
Ke amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.
ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.