Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena dukɔ gã kae li, si ƒe mawuwo tsɔ ɖe egbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, tsɔ ɖe mía gbɔ ene, ne mienyã yɔe ko?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Dukɔ bubu kae li, si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be woƒe mawuwo tsɔ ɖe wo gbɔ abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ ɖe mia gbɔ ne míedo gbe ɖa nɛ ene?

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 4:7
20 Mawu Ofanana  

Dukɔ ka le anyigba dzi de wò dukɔ Israel nu, anyigba dzi dukɔ, si ɖeɖe ko mawua ɖe va ɖe, be wòatsɔ awɔ eƒe dukɔ, ne wòaɖe ŋkɔ eɖokui ŋu, eye wòawɔ nu gã kple ŋɔdzinuwo, be wòanya dukɔwo kple woƒe mawuwo le wò dukɔ, si nèɖe tso Egipte na ɖokuiwò la ŋgɔa?


Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.


Emewɔ alea na dukɔa ɖeke o, eye womenya eƒe kɔnuwo o. Mikafu Yehowa!


Ewu eƒe dukɔ ƒe dzo ɖe dzi, eyata kafukafu neɖi le eƒe mawumemewo katã, Israel-viwo, dukɔ, si tsɔ ɖe egbɔ la nu! Mikafu Yehowa!


Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi.


Wodo ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo katã me.


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ke Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.


Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo, eye malɔ̃ be, woagatrɔ ɖe bometsitsi ŋu o.


Esi nèxɔ asi le ŋkunye me, bubu le ŋuwò, eye melɔ̃ wò ta la, matso amegbetɔwo ana ɖe tewòƒe kple dukɔwo de wò agbe ta,


Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wotsɔ kpui ƒe.


Womekpɔ dzɔgbevɔ̃e le Yakob ŋu o, eye womekpɔ fuwɔamea ɖeke le Israel ŋu o. Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii, eye ayibopɛ le ɖiɖim le wo dome.


Agakpewo tame mele kpɔ wo ɖa, eye togbɛwo dzi mele kpɔ wo. Kpɔ ɖa, dukɔ la ɖe ɖe aga, eye mebua eɖokui ɖe dukɔ bu bu wo do me o.


bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe matu, wònye mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o:


yeatsɔ wò ado gã de dukɔ, siwo katã wòwɔ la nu hena eƒe kafukafu, bubu kple atsyɔɖoɖo, eye nanye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la, abe alesi wòdo ŋugbe ene.


Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.


Bia gbaɖegbe, si va yi, kple dziƒo ƒe go ɖeka vaseɖe go keme dzi la se, tso gbesigbe Mawu wɔ ame ɖe anyigba dzi be, nya gãa ɖe dzɔ kpɔ abe esia enea, alo wose esia tɔgbe kpɔa?


Oo, ɖe dzi sia tɔgbe anɔ wo si, ne woavɔ̃m, eye wòalé nye seawo katã me ɖe asi ɣesiaɣi, bena wòanye na wo kple wo viwo!


Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa