Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 4:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Bezer le gbegbe le gbadzaƒenyigba dzi, si nye Ruben-viwo tɔ, kple Ramot le Gilead, si nye Gad-viwo tɔ, kpakple Golan le Basan, si nye Manase-viwo tɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Du siawo dometɔ ɖekae nye Bezer, le gbegbe la ƒe tonyigba dzi. Du sia li na Ruben ƒe viwo. Du eveliae nye, Ramot le Gilead. Eya li na Gad ƒe viwo. Du etɔ̃liae nye Golan, le Basan, eye wòli na Manase ƒe viwo.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 4:43
12 Mawu Ofanana  

Ben-Geber le Ramot-Gilead nu, etɔ enye Manase vi Yair ƒe kɔƒewo, siwo le Gilead, etɔ enye Argob-nutowo me le Basan, ɖu gã blaade, siwo ŋu gli le, eye akɔbligameti le wo ŋu,


Esiwo le Ruben-to la me le Yordan ƒe go keme le Yerixo gbɔ le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome, wonye: Bezer le gbe dzi kple eŋu lãnyiƒe, Yaza kple eŋu lãnyiƒe,


Xesbon kple eŋu lãnyiƒe kpakple Yazer kple eŋu lãnyiƒe.


bena ne amea ɖe mebua wu xɔlɔ̃via o, eye melé fui hafi o la, ne wòasi ayi afima, wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, bena woatsi agbe.


Esia nye se, si Mose tsɔ ɖo Israel-viwo ŋku me.


Eye woɖo Bezer, si le gbedzi kple tagba la, ɖe Ruben-to la me le Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo ƒe ɣedzeƒe, kple Ramot le Gilead ɖe Gad-to la me, kpakple Golan le Basan ɖe Manase-to la me.


Du, siwo Gerson-viwo, amesiwo tso Lewitɔwo ƒe ƒome la me, xɔ ɖe Manase ƒe to afã me, wonye: Golan le Basan, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola, kple eŋu lãnyiƒe kpakple Beestera kple eŋu lãnyiƒe; wole ɖu eve.


Esiwo le Ruben-to la me, wonye: Bezer kple eŋu lãnyiƒe, Yaza kple eŋu lãnyiƒe,


Esiwo le Gad-to la me, wònye Ramot le Gilead, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Maxanim kple eŋu lãnyiƒe,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa