Eyata nyae egbea bena, Yehowa, wò Mawu, si nye dzo binu la, dze ŋgɔwò yi toa godo, eya ŋuta atsrɔ̃ wo, eye woaɖu wo dzi le ŋgɔwò, be nanyã wo, eye natsrɔ̃ wo amloamlo, abe alesi Yehowa do ŋugbe na wò ene.
Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, eye mana fiaɖuƒewo nakpe ta, ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi. Elabena nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la.
Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;
Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;
akplɔ mi ayi anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi. Nyemanɔ mia dome ayi kpli mi o, elabena dukɔ kɔ lialiatɔwo mienye, ne nyemagatsrɔ̃ mi le mɔ dzi o.
Pinehas, nunɔla Aron vi Eleazar ƒe viŋutsu, enye amesi na nye dɔmedzoe nu fa ɖe Israel-viwo ŋu, elabena eʋã ŋu ɖe nunye le wo dome; eyaŋuti nyemevã nu tsrɔ̃ Israel-viwo o.