Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 4:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eyata mikpɔ nyuie, ne miagaŋlɔ nusi Yehowa, mia Mawu bia kpli mi la be o, eye migawɔ legba alo nusiwo Yehowa, wò Mawu, tsri na mi la, ƒe nɔnɔmea ɖeke na mia ɖokui o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 4:23
26 Mawu Ofanana  

Migayɔ nu, si mebia kpli mi la be o, eye migavɔ̃ mawu bubuwo o,


Miɖo ŋu eƒe nubabla, nya, si wògblɔ hena dzidzime akpewo la tegbee;


Midzra nya sia nya, si megblɔ na mi la ɖo. Migaɖu mawu bubuwo ƒe tame o, eye womagase woƒe ŋkɔ hã le nua nu o.


Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda seawo dzi, wòto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la.


Ɣekaɣi nanɔ tsa glãla tsam ase ɖo, wò nyɔnu dzego? Elabena Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi: Nyɔnu aɖe to ɖe ŋutsu.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nèdo vlo atam la, eye netu nubabla la, eye mewɔ na wò, abe alesi nèwɔ ene hã la,


Esi mege ɖe eme la, kpɔ ɖa, wota nutatawo kple lãfɔnewo, siwo nye ŋunyɔnuwo la ƒe nɔnɔme vovovowo, kple Israel ƒe aƒe la ƒe legbawo katã ɖe glia ŋu godoo va kpe.


Ne miekpɔ gboawo la, ekema miaɖo ŋku Yehowa ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ wo dzi, bena miagadze miaƒe dziwo kple ŋkuwo yome awu nusi wodi la o.


Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagaflu mi o.


Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.


Eye wògblɔ bena: Mikpɔ nyuie, bena woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ bena: Nyee nye esi, eye azãgbe la ɖo vɔ! Migadze wo yome o.


Eye megaɖi aƒelia ɖeke, si Yehowa, wò Mawu, lé fui la o.


Amesi wɔ aklama kpakpɛ alo kɔ legba, nusi nye ŋunyɔnu na Yehowa, eye wònye adaŋu wɔla ƒe dɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Eye Mose kple nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo la, gblɔ na Israel blibo la bena: Israel, ɖo to nasee! Egbe nètrɔ zu Yehowa, wò Mawu ƒe dukɔ;


eye woyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na mawu, siwo womenya o, eye metsɔ wo na wo o ŋuti la,


Elabena makplɔ wo ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye woaɖu nu aɖi ƒo, akpɔ lãme, emegbe wòadze mawu bubuwo yome asubɔ wo, ke nye la wòado vlom, eye woatu nye nubabla la.


Ne miedzi viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye anyigba ma ɖo na mi, eye miewɔ vɔ̃ hewɔ legba alo nua ɖe ƒe nɔnɔme, eye miewɔ nusi medze Yehowa, mia Mawu, ŋu o hedo dɔmedzoe ne la,


Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.


Yehowa, mía Mawu, bia nu kpli mí le Xoreb gbɔ.


ekema kpo nyuie, bena mãgaŋlɔ Yehowa, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me, le Egipte-nyigba dzi la be o.


Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,


Eyata mikpɔ nyuie le miaƒe agbe ŋu, ne míala Yehowa, mia Mawu la.


Ne mietu Yehowa, mia Mawu la ƒe nu, si wòbia kpli mi, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, ekema Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye miatsrɔ̃ avɔ xoxoxo le anyigba nyui, si wòna mi la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa