Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi.
Eye mekplɔ mi va anyigba wɔnu dzi, be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo; ke miawo mieva hedo gu nye anyigba la, eye mietsɔ nye domenyinu la wɔ ŋunyɔnui.
eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me,
Ke boŋ Yehowa enye mía Mawu, eyae kplɔ mía kple mia fofowo tso Egipte-nyigba dzi le kluvinyenyeƒe me, eye wòwɔ dzesi gã siawo le mía ŋku me, eye wòkpɔ mia ta le mɔ blibo, si miezɔ heto dukɔ geɖewo dome la dzi.