Tso anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzi natsɔ wò alẽwo kple wò nyiwo ame numevɔsa le, eye nasa, akpedavɔwo le Mava afisiafi, si meɖo be, woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la, eye mayra wò.
Exɔ dzi bena: Mana nye atsyɔ̃ɖoɖo blibo la nato ŋkuwò me ayi, eye maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le, ŋgɔwò. Amesi nu medi be, mave la, eya nu mave, eye amesi ke meɖi be, makpɔ nublanui na la, eya makpɔ nublanui na.
Te yi, ne nase nya, siwo katã Yehowa, mia Mawu, le gbɔgblɔge na mí la, eye nagblɔ nya, siwo katã Yehowa, mía Mawu, gblɔ na wò la, na mí; ekema míasee, eye miawɔ wo dzi.