Eye fia la do gu nuxeƒe, siwo le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe le Amito la ƒe ɖusi gome, siwo Israel-fia Salomo tu na Zidontɔwo ƒe ŋunyɔnu Astartewo kple Moabitɔwo ƒe ŋunyɔnu Milkom.
Kpɔ wò afɔ dzi, be magatsi ƒeƒle o, kple wò ve me dzi, be tsikɔ magawui o! Ke wò la, ele gbɔgblɔm be: Dzodzroe, kpao! Elabena melɔ̃ amedzrowo, eye woawo yome madze.
Viwo le nake fɔm, fofowo le dzo dom, eye nyɔnuwo le amɔwɔ blum, ne woatsɔ tɔ tatali na dziƒofianyɔnu, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo, ne woatsɔ do dziku nam.
Tete wòdo nane da abe asi ene helé nye taɖa, eye gbagba la kɔm ɖe anyigba kple dziƒo domee hekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va ɖo Yerusalem le agbo metɔ, si ɖo ta anyiehe gome la nu, afisi legbaa ɖe, si dea ŋuʋaʋã Yehowa me la le.
Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;
Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo, eye wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ wo na mia ɖokui ahaɖo mɔ̃ me o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa, mia Mawu la.