Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 32:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 nenema Yehowa ɖeɖe kplɔe, eye mawu bubua ɖeke mekpe ɖe eŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 32:12
19 Mawu Ofanana  

Ekplɔ wo le ŋkeke me kple alilikpo dodo, eye le zã me kple dzo babla, ne nana mɔ, si woto la dzi nakɔ na wo.


wo, amesiwo ɖeɖe wotsɔ anyigba la na, eye amedzroa ɖeke meto wo dome o.


Eya, amesi na eƒe dukɔ la to gbedzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee.


Yehowa, fia wò mɔm, eye nakplɔm to toƒe sɔsɔe le nye futɔwo ta!


Ŋkeke me la etsɔ alilikpo kplɔ woe, eye le zã blibo la me la etsɔ dzo keklẽ.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Nye dukɔ, see; Israel, maxlɔ̃ nu wò, be aɖo tom loo!


Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.


Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔ wo yi gbɔɖemeƒe, abe alesi lã yia bali me ene. Ale nèkplɔ wò dukɔ la, be nade ŋkɔ gã ɖokuiwò ŋu.


Mede amegbetɔwo ƒe atagbi, si nyee lɔlɔ̃ka la wo he, mena na wo abe amesiwo ɖea kɔkuti le kɔ la ene, eye mena nuɖuɖu wo.


kple alesi wòwɔ le gbedzi, afisi nèkpɔ le bena, Yehowa, wò Mawu, tsɔ wò kpa le mɔ blibo, si nèzɔ vaseɖe afisia la dzi abe alesi ŋutsu kpa viae ene.


Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.


Ekpɔe, ne nanyae be, Yehowa enye Mawu, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;


Eyata nyae egbea, eye wòaɖe dzi gbɔ na wò bena, Yehowa enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;


Ke boŋ Yehowa enye mía Mawu, eyae kplɔ mía kple mia fofowo tso Egipte-nyigba dzi le kluvinyenyeƒe me, eye wòwɔ dzesi gã siawo le mía ŋku me, eye wòkpɔ mia ta le mɔ blibo, si miezɔ heto dukɔ geɖewo dome la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa