Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 32:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Alesi hɔ̃ dea dzo viawo me ɖe dzodzo ŋu, eye wosa agba ɖe viawo dzi, ekekea eƒe aʋalawo hekɔ wo, eye wotsɔ wo ɖe eƒe aʋalawo dzi la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi abe ale si hɔ̃ wɔna na viawo, kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi, abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene!

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 32:11
13 Mawu Ofanana  

Ke anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la ŋku me, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le agba sam le tsia dzi.


Eviã dziƒo heɖi ɖe anyi, eye alilikpo dodo le eƒe afɔwo te.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi mewo Egiptetɔwo, kple alesi metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋala wo dzi, eye mekplɔ mi va gbɔnyee.


Alesi xevi ɖoa agbae la, nenema Yehowa adzɔ Yerusalem ŋu, adzo eŋu, eye wòaxɔ nɛ, akpa eta, eye wòaɖee.


ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.


Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Yehowa be: Alesi alidziblanu noa ali na ŋutsui la, nenema memiã Israel ƒe aƒe blibo la kple Yuda ƒe aƒe blibo la ɖe ɖokuinye ŋui, ne wòanye dukɔ, ŋkɔ, kafukafu kple atsyɔ̃ nam, ke womeɖo to o.


Evɔ wònye nyee fia azɔli Efrayim, eye melée ɖe alɔ to hafi; ke womedze sii be, nyee da gbe le wo ŋu o.


Eye wògblɔ le Benyamin ŋu bena: Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe, anɔ egbɔ dedie, eya akpɔ edzi ɣesiaɣi, eye wòanɔ eƒe abɔta.


Le xɔse me míedze sii be, wotsɔ Mawu ƒe nya dzra xexeame ɖo, bena nusiwo wokpɔna la, metso nusiwo dzena le ŋku me la me o.


Eye wotsɔ hɔ̃ gãa ɖe ƒe aʋala eve na nyɔnu la, bena wòadzo ayi gbedzi ayi ɖe teƒe, afisi woanyii le ɣeyiɣia ɖe kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi afã tso da la ƒe ŋku me.


Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa