1 Miɖo to, mi dziƒowo, mele nu ƒo ge, eye anyigba, se nye numenyawo!
1 Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba! Miɖo to nye nyawo!
Korax-viwo ƒe ha na henɔ la.
Ele dzi me yɔ dziƒo kple anyigba ɖa, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.
Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.
Mite va, mi dukɔwo, ne miase nu, mi anyigba dzi dukɔwo, miƒu to anyi! Anyigba kple edzi nuwo, xexeame kple edzi numienuewo katã nesee!
Yehowa be: Dziƒowo, miaƒe nu neku le esia la, miaƒe lãme neble fu, eye miaƒe mo newɔ yaa.
Anyigba, anyigba, anyigba, se Yehowa ƒe nya!
Anyigba, see! Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dukɔ sia dzi wòanye woƒe tamesusuwo ƒe kutsetse, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wodo vlo nye se la.
Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe,
Azɔ miŋlɔ ha sia, eye nafiae Israel-viwo; tsɔe de nu na wo, bena ha sia nanye ɖase le mía kple Israel-viwo dome.
Miƒo miaƒe towo ƒe ame tsitsiwo katã kple mia dzikpɔlawo nu ƒu ɖe gbɔnye, ne magblɔ nya siawo ɖe woƒe to me, eye mata dziƒo kple anyigba na wo.
Eye Mose gblɔ ha sia ƒe nyawo ɖe mii keŋkeŋ ɖe Israel-ha blibo la ƒe to me bena:
ekema meta dziƒo kple anyigba na mi egbea bena, miaku le anyigba, si dzi mietso Yordan yi, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi avɔ amloamlo; mianɔ agbe le edzi eteƒe nadidi o; boŋ miatsrɔ̃ avɔ kokoko.