Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 30:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Yehowa, wò Mawu, ana nusiwo katã newɔna, wò dɔmeviwo, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenuwo kpakple wò kesinɔnuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi; eye Yehowa agakpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòawɔ nyuie na wò, abe alesi wòkpɔ dzidzɔ le fofowòwo ŋu ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 30:9
19 Mawu Ofanana  

Womagayɔ wò azɔ be: „amesi wogbe“ o, eye womagayɔ wò anyigba be: „aƒedo“ o; ke boŋ woayɔ wò be: „mekpɔ dzidzɔ le eŋu“, eye woayɔ wò anyigba be „srɔ̃nyɔnu“; elabena Yehowa akpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòaɖe wò anyigba woazu srɔ̃a.


Alesi ɖekakpui ɖea ɖetugbii la, nenema dziwòviwo aɖe wòe; alesi ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ le ŋugbetɔ ŋui la, nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.


Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu, eye womagase avifagbe kple konyifagbe le eme azɔ o.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe lã me.


Eye alesi menɔ ŋute ɖe wo ŋu, be mala wo, maho wo, magbã wo, magblẽ wo, eye matsrɔ̃ wo la, nenema manɔ ŋudzɔ ɖe wo ŋu, be matso wo, eye made woƒe agunu to, Yehowa ye gblɔe.


Makpɔ dzidzɔ le nyuiwɔwɔ na wo ŋu, eye made woƒe agunu to ɖe anyigba sia dzi le nyateƒe me tso nye dzi blibo kple nye luʋɔ blibo me.


Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.


ekema mana tsi nadza na mi le edzaɣi, anyigba awɔ nu, eye agblemetiwo atse ku.


Mana anyigba dzi nata, miadɔ alɔ, eye amea ɖeke maɖo voɖi na mi o; manye lã wɔadãwo ɖa le miaƒe anyigba dzi, eye yi mato miaƒe anyigba dzi ayi o.


Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie, azi ɖoɖoe le lɔlɔ̃ me, eye wòakpɔ dzldzɔ atso aseye ɖe ŋuwò!


Ke ele be, dzi nadza wò; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.


Esiawo megblɔ na mi, bena nye dzidzɔ la nanɔ mia me, eye miaƒe dzidzɔ la nayɔ tu.


Woayra wò dɔmevi, wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo.


Abe alesi Yehowa kpɔ dzidzɔ le mia ŋu be, wòawɔ nyui na mi, eye wòana míadzi ɖe dzi ene la, nenema ke Yehowa akpɔ dzidzɔ le mia ŋu be, wòawu mi, eye wòatsrɔ̃ mi; eye wòaɖe mi ɖa le anyigba, si dzi yim miele, be míaxɔe la dzi.


Ke wò la gaɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se, siwo katã mede na wo egbe la dzi.


Woayra wò aƒo dukɔwo katã ta: mia dometɔa ɖeke magbe vidzidzi o, eye miaƒe lãwo matsi ko o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa