Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 30:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke wò la gaɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se, siwo katã mede na wo egbe la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 30:8
14 Mawu Ofanana  

Amegbetɔ tɔ enye dzi ƒe tãmeɖoɖowo; ke Yehowa gbɔ aɖe ƒe ŋuɖoɖo tsona.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


Amea ɖe menya nu o Yuda ƒe aƒe la ase vɔ̃, siwo katã meɖo be, mawɔ wo la, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, eye matsɔ woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ake wo.


Maɖe nye gbɔgbɔ mia me, eye mana be, miazɔ ɖe nye ɖoɖowo kple nye sewo nu, ne mialé wo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.


Nye dɔla Dawid anye fia ɖe wo nu, eye kplɔla ɖeka ana wo katã si, woazɔ ɖe nye sewo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.


eye wòlé avu le wo ame eve la siaa kple Mawu dome le ŋutilã ɖeka me to atitsoga me, esi wòwu adikã la le eɖokui me.


eye metrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, eye mia kple viwòwo mieɖo to eƒe gbe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me, abe alesi mede se na mi ene la,


Yehowa, wò Mawu, ana fiƒode siawo katã nava wò futɔ kple wò ketɔ, siwo le yowòme tim la dzi.


Eye Yehowa, wò Mawu, ana nusiwo katã newɔna, wò dɔmeviwo, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenuwo kpakple wò kesinɔnuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi; eye Yehowa agakpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòawɔ nyuie na wò, abe alesi wòkpɔ dzidzɔ le fofowòwo ŋu ene.


Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa