Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 30:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò va anyigba, si fofowòwo xɔ la dzi, eye naxɔe wòanye tɔwo; awɔ nyuie na wò, eye wòana nadzi ɖe dzi wu fofowòwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 mia tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi. Anyigba la agazu mia tɔ. Yehowa miaƒe Mawu agawɔ nyui na mi, eye wòagayra mi wu ale si wòyra mia tɔgbuiwo kpɔ gɔ̃ hã.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 30:5
9 Mawu Ofanana  

Wò dɔme nyo, eye nèwɔa nu nyui, fia wò ɖoɖowom.


Eye mana miakpɔm, Yehowa ye gblɔe. Magaɖo mi te, eye maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome kple teƒe, siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye makplɔ mi agbo va teƒe, si mena woɖe aboyo mi le, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa be: Elabena kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye maɖo nye dukɔ Israel kple Yuda te, mana woagbɔ va anyigba, si metsɔ na wo fofowo la dzi, eye woaxɔe wòanye wo tɔ, Yehowa ye gblɔe.


Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.


Mana amegbetɔwo kple lãwo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, woakeke ta, eye wòadzi; mana ame nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye mawɔ nyui na mi wu tsã, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana Israel ƒe aƒe la naɖe kuku nam ɖe esia hã ta, eye mawɔe na wo: Mana woƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene.


Eye Mose gblɔ na Hobab toa, Midiantɔ Reguel ƒe viŋutsu, bena: Miele hoho ge ayi teƒe, si Yehowa gblɔ be, yeatsɔ na mí la; wò hã yi kpli mí, eye míawɔ nyuie na wò, elabena Yehowa ɖo nyuie ɖe Israel ŋu.


Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.


eye wòalɔ̃ wò, ayra wò, eye wòana nadzi ɖe dzi, ayra wò dɔmevi kple wò anyigba dzi nukuwo, wò bli, wò wein kple wò ami, wò nyinɔ kple wò alẽnɔ, le anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa