Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 30:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne miekaka ɖase dziƒo seƒe ke hã, Yehowa aƒo mia nu ƒu tso afima, eye wòakplɔ mi tso afima.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Togbɔ be mianɔ anyigba ƒe mlɔenu ke hã la, ayi aɖadi mi, eye wòagakplɔ mi va

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 30:4
16 Mawu Ofanana  

ekema nasee le dziƒo, eye natsɔ wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye nagakplɔ wo ava anyigba, si nètsɔ na wo fofowo la dzi.


Elabena ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu la, ekema futɔwo akpɔ mia nɔviwo kple mia viwo ƒe nublanui, eye woagatrɔ ava anyigba sia dzi, elabena amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, mia Mawu la, eye ne mietrɔ ɖe eŋu la, maɖe kɔ ɖa le mia ŋu o.


ke ne mietrɔ de ŋunye, eye mielé nye sewo me ɖe esi hewɔ wo dzi la, nenyo be, miaƒe amesiwo woɖe aboyoe la, de wòle keke dziƒo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu tso afima akplɔ ava teƒe, si metia be, nye ŋkɔ nana afima.


Eye ava me le ɣemaɣi be, Yehowa atsa ali aƒo luwo tso tɔsisi la nu vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woata mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.


Magblɔ na anyiehe be; Tsɔe ve! eye na dziehe be: Megasika ame di o! Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu,


Mitso aseyetsotso ʋu tso Babel, eye nusi tso Kaldea-nyigba dzi! Migblɔ nusia, eye miɖe gbe ƒãe, mihee yi anyigba ƒe mlɔenu ke, migblɔ be: Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob!


Kpɔ ɖa, Yehowa na wosee le anyigba ƒe mlɔenu ke: Migblɔ na Zion-nyɔnuvi be: Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna, kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe dɔ dze eŋgɔ.


Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehe-nyigba dzi, eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe dzogoewo dzi, ŋkunɔwo, xɔdrɔ̃wo, funɔwo kple vinɔwo siaa anɔ wo dome, woanɔ ha gãwo me agbɔ va afisia.


Yehowa Zebaot be: Ƒome vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlea, siwo katã susɔ ɖe teƒe, siwo katã menyã wo ɖo ɖo la, alɔ̃ ku wu agbe.


Makplɔ mi atso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu atso anyigbawo katã dzi ahakplɔ mi ava miaƒe anyigba dzii.


Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.


Tete wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba seƒe vaseɖe dziƒo seƒe.


Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme, eye àsubɔ mawu bubu, siwo nye ati kple kpe, eye mia kple fofowòwo mienyã o la, le afima.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa