Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 30:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 ekema Yehowa, wò Mawu, aɖe dzɔgbevɔ̃e ɖa le dziwò, eye wòave nuwo, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, kaka mi ɖo la gbã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe mi tso aboyome, ave mia nu, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome wòakaka mi ɖo la me.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 30:3
33 Mawu Ofanana  

Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.


Emegbe Israel gblɔ na Yosef bena: Mele kuku ge kaba, ke Mawu anɔ anyi kpli mi, eye woakplɔ mi ayi mia togbɛwo ƒe anyigba la dzi.


Eye migblɔ be: Wò Mawu, miaƒe xɔla, xɔ na mi, ƒo nua nu ƒu, eye ɖe mi tso dukɔwo si me, ne míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye miatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee!


ke ne mietrɔ de ŋunye, eye mielé nye sewo me ɖe esi hewɔ wo dzi la, nenyo be, miaƒe amesiwo woɖe aboyoe la, de wòle keke dziƒo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu tso afima akplɔ ava teƒe, si metia be, nye ŋkɔ nana afima.


Eye Yehowa gaɖo Hiob tè, le esi wòde kuku ɖe xɔlɔ̃awo ta la ŋuti; eye Yehowa dzi nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe dzi zi gbɔ zi eve.


eye wòƒo wo nu ƒu tso anyigbawo dzi, tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, tso anyiehe kple dziehe la!


Yehowa tsoa Yerusalem, eƒoa Israel ƒe amesiwo woka hlẽ la, nu ƒu;


Eye ava me le ɣemaɣi be, Yehowa atsa ali aƒo luwo tso tɔsisi la nu vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woata mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.


Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe vɛ, eye maƒo nuwo ƒu tso ɣetoɖoƒe!


Megblẽ wò di vie ko, ke matsɔ nublanuikpɔkpɔ gã aƒo wò ƒu.


Aƒetɔ Yehowa, amesi ƒo Israel ƒe ame kahlẽwo nu ƒu la be: Magaƒo amewo nu ƒu akpe ɖe ame ƒoƒuawo ŋu.


Ale Yehowa gblɔ ɖe nye aƒelika vɔ̃ɖiawo katã, siwo de asi nusi metsɔ na nye dukɔ Israel, be wòanye etɔ la ŋu la ŋuti enye si: Kpɔ ɖa, maho wo ɖa tso woƒe anyigba dzi, eye maho Yuda ƒe aƒe la ɖa le wo dome.


Maƒo nye alẽ mamleawo nu ƒu atso anyigba, siwo katã dzi menya wo ɖo ɖa la dzi, eye magakplɔ wo ava woƒe gbeɖuƒe, eye wòadzi akeke ta.


Eye mana miakpɔm, Yehowa ye gblɔe. Magaɖo mi te, eye maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome kple teƒe, siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye makplɔ mi agbo va teƒe, si mena woɖe aboyo mi le, Yehowa ye gblɔe.


Mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, mitoe le ƒukpowo dzi le didiƒe gblɔ bena: Eya, amesi kaka Israel hlẽ la, agaƒo enu ƒu, eye wòanyii, abe alesi lãkplɔvi nyia lãhae ene.


Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o;


ke boŋ ne edo nuxaxa na ame la, egakpɔa nublanui le eƒe amenuveve geɖe la nu.


Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi ahatsɔ Israel-nyigba na mi.


Makplɔ mi atso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu atso anyigbawo katã dzi ahakplɔ mi ava miaƒe anyigba dzii.


Eye woadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu, esi mena woɖe aboyo wo yi dukɔwo dome, eye megaƒo wo nu ƒu ɖe woƒe anyigba dzi, eye nyemegblẽ wo dometɔa ɖeke ɖe afima o ŋuti.


Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.


Mekaka wo hlẽ ɖe dukɔwo dome, eye woaɖo ŋku dzinye le didi ƒe ke, woawo kple wo viwo atsi agbe, eye woatrɔ agbɔ va aƒe.


Eye gake woamawo hã, nenye ɖe wometsi dzimaxɔse dzi o la, woagatsɔ wo ado ɖe eme, elabena Mawu ate ŋu agado wo ɖe eme.


eye nenema ke woaxɔ Israel blibo la ɖe agbe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ɖela la atso Zion, eye wòava aɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖa tso Yakob gbɔ:


nenema ke woawo hã womeɖo to fifia o te nublanuikpɔkpɔ, si wokpɔ na mi la ŋuti, bene woakpɔ nublanui na woawo hã.


Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.


Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mianɔ ʋee le dukɔ, siwo dome Yehowa nyã mi ɖo la dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa