Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ale míexɔ anyigba le Amoritɔwo ƒe fia eveawo si ɣemaɣi le Yordan ƒe go keme dzi, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ, —

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Azɔ la, Amoritɔwo ƒe fia eveawo ƒe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi la zu mía tɔ. Anyigba sia tso Arnon ƒe balime yi Hermon to la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:8
12 Mawu Ofanana  

Geber, Uri vi, le Gilead-nyigba, si nye Amoritɔwo ƒe fia Sixon kple Og, Basan-fia, ƒe anyigba la nu; dzikpɔla ɖeka le anyigba la nu.


Eye Manase-to afã la ƒe viwo nɔ Basan-nyigba dzi vaseɖe Baal-Xermon kple Senir kpakple Xermon-to la ŋu; wosɔ gbɔ ŋutɔ.


Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui, eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la!


Mawunye! Nye luʋɔ le nu xam le menye, eyata mele ŋku ɖom dziwò le Yordan-nyigba, Hermon-to kple to sue la dzi.


Tɔwòe nye dziƒo, tɔwòe nye anyigba hã, xexeame kple eme nuwo, wòe ɖo wo gɔme anyi.


Eye woxɔ eya kple Og, Basan-fia, siwo nye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ƒe anyigba le Yordan godo, le ɣedzeƒe gome, wòzu wo tɔ;


tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Sion, si nye Xermon-to la gbɔ,


Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Israel-viwo ɖu, amesiwo ƒe anyigba woxɔ le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ kple gbadzaƒe blibo, si le ɣedzeƒe:


Elabena Manase ƒe afã, Ruben-viwo kple Gad-viwo xa woƒe anyigba, si Mose tsɔ na wo le Yordan godo le ɣedzeƒe, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na wo ene:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa