Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, mia Mawue le aʋa wɔm na mi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò.”

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:22
16 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, Mawu kple eƒe nunɔlawo le mía nu, eye aseyetsokpẽawo li, be woaku ɖe mia ŋu Israel-viwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o, elabena madze edzi na mi o!


Miele asi ɖe ge aʋa la me o, ke boŋ mitsi tre ɖi, ne míakpɔ, alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mi! Yuda kple Yerusalem, migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o! Etsɔ la miho ɖe wo ŋu. Yehowa li kpli mi!


Eye Mawu ƒe ŋɔdzi lé anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, esime wose be, Yehowa wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo.


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


Yehowa le aʋa wo ge ɖe mia nu, ke miawo la mizi kpi ko!


Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Megavɔ̃e o, elabena metsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba de asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon la ene.


Yehowa, mia Mawu, dze mia ŋgɔ, eye awɔ aʋa na mi, abe alesi wòwɔ na mi le Egipte miekpɔ ene,


Ne èho aʋa ɖe wò futowo ŋu, eye nekpɔ sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔ, si sɔ gbɔ wu wò la, megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, li kpli wò.


Elabena Yehowa, mia Mawu, ayi kpli mi, be wòawɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòaxɔ na mi.


Eye mede se na Yosua ɣemaɣi bena: Wò ŋutɔ èkpɔ nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, wɔ fia eve siawo, eye alea ke Yehowa awɔ fiaɖuƒe, siwo katã dzi yim nèle lae.


Tete meƒo koko na Yehowa ɣemaɣi bena:


Eye Yosua ɖu fia siawo katã kple woƒe anyigbawo dzi zi ɖeka, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu lae wɔ aʋa na Israel.


Mia dome ŋutsu ɖeka te ŋu nyã ame akpe, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ ana na mi, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa