Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye mede se na Yosua ɣemaɣi bena: Wò ŋutɔ èkpɔ nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, wɔ fia eve siawo, eye alea ke Yehowa awɔ fiaɖuƒe, siwo katã dzi yim nèle lae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Megblɔ na Yosua be, “Wò ŋutɔ èkpɔ nu si Yehowa miaƒe Mawu wɔ fia eve mawo. Miwɔ nu ma tɔgbi ke fiaɖuƒe siwo le Yɔdan tɔsisi la godo.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:21
11 Mawu Ofanana  

Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.


amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.


Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.


Ke amesi tea ŋu wɔna wua nusianu geɖe wua nusiwo katã míebiana alo míedzea si le ŋusẽ, si le dɔ wɔm ŋusẽtɔe le mía me nu la,


vaseɖe esime Yehowa nana gbɔdzɔe mia nɔviwo abe miawo ke ene, eye woaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe go keme dzi, hafi mia dome amesiame nagbugbɔ ava anyigba, si mena mi la dzi.


Megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, mia Mawue le aʋa wɔm na mi!


eye ɖo ŋku ŋusẽnuwɔwɔ, siwo nèkpɔ kple ŋku, dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si wodo ɖe dzi, siwo Yehowa, wò Mawu, tsɔ kplɔ wò la dzi. Alea ke Yehowa, wò Mawu, awɔ dukɔ, siwo katã vɔ̃m nele lae.


Eye Yosua gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o, milé dzi ɖe ƒo, eye mise ŋu! Elabena alea Yehowa awɔ miaƒe futɔ, siwo katã mia kple wo miele aʋa wo ge lae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa