Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yehowa gblɔ nam bena: Megavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba ade asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.”

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:2
15 Mawu Ofanana  

Miele asi ɖe ge aʋa la me o, ke boŋ mitsi tre ɖi, ne míakpɔ, alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mi! Yuda kple Yerusalem, migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o! Etsɔ la miho ɖe wo ŋu. Yehowa li kpli mi!


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe vɛ, eye maƒo nuwo ƒu tso ɣetoɖoƒe!


Ɖeko migadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ anyigbadzitɔwo o, elabena wole na mi abe abolo ene. Luʋɔ dzo le wo ta, ke Yehowa li kpli miawo ya, eyata migavɔ̃ wo o!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Megavɔ̃e o, elabena metsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba de asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon la ene.


Ke Aƒetɔ la gblɔ na Paulo le ŋutega me le zã me bena: Megavɔ̃ o, hafi boŋ ƒo nu, eye megazi ɖoɖoe o;


Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.


agblɔ na wo bena: Israel see, egbe miele aʋa ho ge ɖe miaƒe futowo ŋu, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye migavɔ̃ o, dzidzi megaƒo mi o, eye womegadzi ŋɔ na mi o!


Eye mietrɔ dze mɔ ɖo ta Basan. Tete Og, Basan-fia, kple eƒe dukɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Edrei.


Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.


Tete Yehowa, mia Mawu, tsɔ Og, Basan-fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mí, eye míesii, ale be amea ɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena. Megavɔ̃ o, elabena matsɔ wo ade asi na wò, eye wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe ŋuwò o.


Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa