Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ɣemaɣi meɖe se na mi bena: Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne wòanye mia tɔ; mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israel-viwo ŋgɔ;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:18
18 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Yehowa, si kplɔ wò tso Ur le Kaldea, bena matsɔ anyigba sia na wò, ne wòanye wò domenyinu.


eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinui, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


Eye miaxɔ anyigba la wòanye mia to miano edzi; elabena miawoe metsɔ anyigba la na, be wòanye mia to.


Esiawo nye ɖoɖo kple se, siwo me míalé ɖe asi, eye miawo wo dzi ŋkeke alesi miele anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, na mi, be wòanye mia to la dzi.


Ke ame dahe koe mana dowòme hafi o, elabena Yehowa le yra wò ge le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tewò la dzi;


Megage nɔviwò ƒe liƒo, si tɔgbuiwòwo ɖe ɖe wò anyigba dzi, be wòanye wò domenyinu le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tɔwo la dzi, ɖe eme o.


ekema natia du etɔ̃ ɖe wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tɔwo la dzi.


Eyata mede se na wò be, natia du etɔ̃ na ɖokuiwò.


Ne wofa ame kukua de le gbe me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye towo la dzi, eye womenya amesi wui o la,


Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o!


Esia nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo Yehowa, mia Mawu gblɔ, bena woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, bena míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi,


Eyata nyae bena, menye esi nènye ame dzɔdzɔe ta Yehowa, wò Mawu be, yeatsɔ anyigba nyui sia na wò wòanye tɔwo ɖo o, elabena dukɔ kɔlialiatɔ nènye.


Mitsa le asaɖa lãme, ne miade se na dukɔ la bena: Midzra mɔ dzi nuɖuɖu ɖo, elabena ŋkeke etɔ̃ megbe la miele Yordan sia tso ge ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu be, yeatsɔ na mi wòanye mia tɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa