Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye míexɔ anyigba sia le ɣemaɣi me tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu. Eye metso Gilead-towo ƒe akpa afã na Ruben-viwo kple Gad-viwo;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:12
10 Mawu Ofanana  

tso Yordan nu ɖota ɣedzeƒe. Gilead-nyigba blibo la, si nye Gad, Ruben kple Manase tɔ, tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Gilead kple Basan.


Eye Mose tsɔ Gilead na Manase vi Maxir, eye wònɔ eme.


Du, siwo tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu, kple du, si le bali me gbɔ vaseɖe Gilead la, dometɔa ɖeke mesesẽ na mí o; Yehowa, mía Mawu, tsɔ wo katã de asi na mí.


eye miexɔ woƒe anyigba hetsɔ na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo ƒe to afã, bena wòanye woƒe domenyinu.


Eyata milé nubabla sia ƒe nyawo me ɖe asi, eye miwo wo dzi, bena nusianu, si miawɔ la, nadze dzi na mi.


eye metso Gilead ƒe akpa mlɔea kple Basan blibo la, si enye Og ƒe fiaɖuƒe hekpe ɖe Argob-nyigba blibo la ŋu, na Manase ƒe to afã; woyɔa Basan blibo la bena ame dzɔtsuwo ƒe anyigba.


tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Sion, si nye Xermon-to la gbɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa