Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 du, siwo katã le tagba kple Gilead blibo la kpakple Basan blibo la vaseɖe Salxa kple Edrei; du siawo nɔ Og, Basan-fia, ƒe fiaɖuƒe me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Míexɔ du siwo katã le tonyigba la dzi kple esiwo le Gilead kple Basan azɔ va se ɖe keke Saleka kple Edrei.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:10
10 Mawu Ofanana  

Ben-Geber le Ramot-Gilead nu, etɔ enye Manase vi Yair ƒe kɔƒewo, siwo le Gilead, etɔ enye Argob-nutowo me le Basan, ɖu gã blaade, siwo ŋu gli le, eye akɔbligameti le wo ŋu,


Eye Gad-viwo nɔ wo kasa le Basan-nyigba dzi vaseɖe Salxa.


Emegbe wotrɔ dze Basan-mɔ dzi. Tete Og, Basan-fia, kple eƒe dukɔ blibo la ho aʋa va kpe wo le Edrei.


Bezer le gbegbe le gbadzaƒenyigba dzi, si nye Ruben-viwo tɔ, kple Ramot le Gilead, si nye Gad-viwo tɔ, kpakple Golan le Basan, si nye Manase-viwo tɔ.


kpakple tagba blibo, si le Yordan ƒe go keme dzi, le ɣedzeƒe gome vaseɖe tagbaƒu la gbɔ, le Pisga ƒe aganu.


tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu kple ɖu, si le bali la me gbɔ, kpakple Medeba-tagba blibo la,


tso Maxanayim, Basan blibo, si nye Og, Basan-fia ƒe fiaɖuƒe. Yair-kɔƒewo katã le Basan, siwo nye ɖu blaadeawo.


Eye wotso Gilead afã, Astarot kple Edrei, du, siwo le Og, Basan-fia, ƒe fiaɖuƒe me, na Manase vi, Maxir-viwo ƒe afã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa