Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 28:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Woayra wò dɔmevi, wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 28:4
16 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.


eye wòalɔ̃ wò, ayra wò, eye wòana nadzi ɖe dzi, ayra wò dɔmevi kple wò anyigba dzi nukuwo, wò bli, wò wein kple wò ami, wò nyinɔ kple wò alẽnɔ, le anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


tso fofowò ƒe Mawu la gbɔ, eya akpe ɖe ŋuwò! tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, eya ayra wò! Atsɔ dziƒo nu nyuiwo ayra wò, atsɔ tɔ gɔme nu nyuiwo ayra wò, eye atsɔ notsi kple vidzidɔ geɖe ayra wò!


Srɔ̃wò le abe weinka, si tsena ene le wò xɔ ƒe xɔgã me, eye viwòwo le abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.


Eye Yehowa ana wò kesinɔnuwo kple wò dɔmevi, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


Eyra wo, eye wodzi ɖe dzi ŋutɔ, eye meke woƒe lãwo dzi ɖe o.


Matrɔ ɖe mia ŋu, eye mana míadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu, si mebia kpli mi la dzi.


Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome; ke wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo ne ame dzɔdzɔe.


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, eme anyo na viawo le emegbe.


Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Tso esime wòtsɔe ɖo eƒe aƒe me nuwo dzikpɔlae, eye wotsɔ eƒe nuwo katã de esi la, Yehowa yra Egiptetɔ la ƒe aƒe le Yosef ta, eye Yehowa ƒe yayra le nusiwo katã le esi le aƒe me kple agble me la dzi.


Woayra wò le ɖu me, eye Woayra wò le agble me.


Woayra wò kusi kple wò amɔwɔze.


Aɖi wò dɔmevi kple wò agblemenukuwo kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa