3 Woayra wò le ɖu me, eye Woayra wò le agble me.
3 Woayra wò le du me kple agble me siaa.
Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae.
Tso esime wòtsɔe ɖo eƒe aƒe me nuwo dzikpɔlae, eye wotsɔ eƒe nuwo katã de esi la, Yehowa yra Egiptetɔ la ƒe aƒe le Yosef ta, eye Yehowa ƒe yayra le nusiwo katã le esi le aƒe me kple agble me la dzi.
Esime fia la se se la me nyawo la, edze eƒe awuwo.
Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.
De nukuwo tsi ava mea, eye ɖe wein kple gboti, yevuboɖati kple amiti wogbe tsetsea? Made yayra aƒe tso ŋkeke ma dzi.
Yehowa ayra wò, eye wòakpɔ dziwò!
Aɖi ŋuwò le du me, eye aɖi ŋuwò le agble me.
Woayra wò dɔmevi, wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo.