Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 27:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye naŋlɔ se sia ƒe nyawo katã de wo dzi gbesigbe neva tɔa godo, bena nade anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ do, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 27:3
14 Mawu Ofanana  

ne mawɔ atam, si meka na mia fofowo be, matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na wo la dzi, abe alesi wòzu egbeawo ene. Eye meɖo ŋu gblɔ bena: Yehowa, neva me!


eye nètsɔ anyigba sia na wo, si ŋu nèka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi ba ɖo la, na wo.


Eye megblɔ na mi bena: Mixɔ woƒe anyigba la wòanye mia tɔ, eye matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, ana mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si tia mi tso dukɔwo dome.


Eye wòto woƒe numegbe la nɛ bena: Miede anyigba, si dzi nedɔ mí ɖo la dzi; notsi kple anyitsi bɔ ɖe edzi vava, eye edzi kutsetsewo hã enye si;


Ne miaƒe nu dze Yehowa ŋu ko la, ekema akplɔ mí ayi anyigba sia dzii, eye wòatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mi.


eye wòkplɔ mí va afisia hetsɔ anyigba sia, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mí.


Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.


Bla wo ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye bla wo ɖe ŋgonu le ŋudome;


elabena esime wògblɔ be: „Esiae nye nu, si mabia kpli wo le ŋkeke siawo megbe la, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe dziwo me, eye woƒe tame hã maŋlɔ wo ɖo,


Elabena ƒe blane sɔŋ Israel-viwo zɔ gbedzi, vaseɖe esime aʋawɔla, siwo le dukɔ blibo la dome la ku, elabena womeɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye Yehowa ka atam na wo bena, womakpɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ na mí, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la o.


Eye wòŋlɔ se, siwo Mose ŋlɔ le Israel-viwo ŋku me la, ɖe kpeawo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa