Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 27:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eyata ɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.”

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 27:10
14 Mawu Ofanana  

Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la, eye nagblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.


Elabena ne ɖukɔ-wo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.


Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.


Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.


Eyata lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nawɔ eƒe nufiamewo kple ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣesiaɣi.


Eka de dzi na Yehowa egbea bena, eya nye yeƒe Mawu, eye yeazɔ eƒe mowo dzi, yealé eƒe ɖoɖowo, sewo kple kɔnuwo me de asi, eye yeado to eƒe gbe.


Eye Yehowa ka de dzi na wò egbea bena, anye eya ŋuta ƒe dukɔ, abe alesi wòdo ŋugbe na wò ene, eye nalé eƒe sewo katã me de asi,


Eye Mose de se na dukɔ la gbemagbe bena:


Eye Mose kple nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo la, gblɔ na Israel blibo la bena: Israel, ɖo to nasee! Egbe nètrɔ zu Yehowa, wò Mawu ƒe dukɔ;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa