Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 27:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Mose kple Israel-ame tsitsiwo de se na dukɔ la bena: Lé se, siwo katã mede na wò egbea la me de asi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Tete Mose kple Israel ƒe ametsitsiwo de se bubu na ameawo be woalé se siwo katã yede na wo egbe la me ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 27:1
13 Mawu Ofanana  

Eyata mele nu xlɔ̃m mi le Israel blibo la kple Yehowa ƒe ha la ŋku me kpakple ɖe mía Mawu ƒe to me be: Milé Yehowa, mia Mawu ƒe seawo katã me ɖe asi, eye midi eyome, ne miaxɔ anyigba nyui la, eye mia megbeviwo natsɔe anyi dome tegbee.


ne woaɖo ŋu de Mawu ŋu, eye womaŋlɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo be o, ke boŋ woalé eƒe sewo me de asi,


Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Esia nye nu, si Mose ƒo na Israel katã le Yordan ƒe go keme dzi le gbedzi, le Suf-tagba kasa, le Paran kple Tofel, Laban, Xazerot kple Disahab dome,


ekema milé se kple ɖoɖo, siwo medo mia ŋku me egbe la me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi.


Egbe sia Yehowa, wò Mawu, le se dem na wò be, nawɔ ɖoɖo kple se siawo dzi: eyata lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.


yeatsɔ wò ado gã de dukɔ, siwo katã wòwɔ la nu hena eƒe kafukafu, bubu kple atsyɔɖoɖo, eye nanye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la, abe alesi wòdo ŋugbe ene.


Gbesigbe nètso Yordan va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, natu kpe gãwo de tsitre, eye nasi akalo na wo.


ke boŋ miwo Yehowa, mia Mawu, ƒe sewo, eƒe ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo, siwo wògblɔ na mi la dzi.


Elabena amesi ke alé se blibo la me ɖe asi, ke woada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa