Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 26:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 eye wòkplɔ mí va afisia hetsɔ anyigba sia, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mí.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 ekplɔ mí tso teƒe sia, eye wòtsɔ anyigba sia, si dzi “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la na mí.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 26:9
12 Mawu Ofanana  

Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;


Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, be nyemakplɔ wo ayi anyigba, si metsɔ na wo, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye wònye anyigba nyuitɔ le anyigbawo katã dome la dzi o;


gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome.


Ke esi mekpɔ xɔxɔ tso Mawu gbɔ vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi la, mele tsitre hele ɖase ɖim na suewo kple gãwo, eye nyemele nu bubua ɖeke gblɔm o, nègbe nusiwo nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi bena, ava ve me la koe,


Kpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nayra wò dukɔ Israel kple anyigba, si nètsɔ na mi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, abe alesi nèka atam na mia fofowo ene.


Eye naŋlɔ se sia ƒe nyawo katã de wo dzi gbesigbe neva tɔa godo, bena nade anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ do, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.


Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.


Mikpɔ ɖa, mele demagbɔnugbe yi ge, ke miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa