Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 26:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye esi míedo ɣli yɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, Yehowa ɖo to míaƒe gbe, eye wòkpɔ miaƒe hiã, agbagbadzedze kple fukpekpewo me na mí,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Míedo ɣli, ƒo koko na Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu. Ese míaƒe gbe, eye wòkpɔ míaƒe fukpekpe, dɔwɔwɔ kple ale si wote mí ɖe toe.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 26:7
18 Mawu Ofanana  

Ke Mawu se ɖevia ƒe avifafa, eye mawudɔla yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ bena: Hagar, nuka le wɔwòm? Megavɔ̃ o, elabena Mawu se ɖevi la ƒe gbe tso afisi wòle.


Eye Lea fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ruben; elabena egblɔ be: Yehowa kpɔ nye nublanui, azɔ srɔ̃nye alɔ̃m.


Ɖewohĩ Yehowa akpɔ nye hiã la nam, eye Yehowa atsɔ nyui aɖo ɖiŋu, si wòɖo nam egbe la teƒe.


Trɔ ɖe ŋunye, eye nave nunye, abe alesi wòdze amesiwo lɔ̃a wò ŋkɔe la ene.


Matso aseye, eye dzi adzɔm le wò amenuveve ŋuti, le esi nèkpɔ nye hiã, eye nèlé ŋku ɖe nye luʋɔ ƒe xaxa ŋu ta;


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Esi eteƒe va didi la, Egipte-fia ku Eye Israel-viwo fa konyi le woƒe dɔ sesẽ la ŋu, eye wodo ɣli. Eye woƒe ɣli, si wodo, be woavo tso woƒe dɔ sesẽa me la, de Mawu gbɔ.


Eye Mawu kpɔ Israel-viwo ƒe nublanui, eye wòve wo nu.


Eye esi Israel-viwo ƒe ɣli ɖi mese, eye mekpɔ, alesi Egiptetɔwo le fu wɔm wo la,


Esi dukɔ la se bena: Yehowa ɖo ŋku Israel-viwo dzi, eye wòkpɔ woƒe teteɖanyi la, woxɔe se, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Eye azɔ mese Israel-viwo ƒe konyi, si wòta le Egiptetɔwo ƒe wo teteɖanyi la ŋuti, eye meɖo ŋku nye nubabla la dzi.


Ale Yehowa, amesi wɔa nu, Yehowa, amesi ɖoa tame, eye wòwɔnɛ ɖea goe, eya amesi ŋkɔ nye Yehowa la, gblɔ esi:


Etsɔ wɔle siawo la mele ŋutsua ɖe ɖo ge ɖe wò tso Benyamin-nyigba dzi, nasi ami nɛ, wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu, eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me; elabena mekpɔ nye dukɔ ɖa, eye eƒe ɣli ɖi va gbɔnye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa