6 Ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía ŋu, wote mí ɖe anyi, eye wode do sesẽwo asi na mi.
6 Egiptetɔwo wɔ fu mí, wɔ mí kluviwoe, eye wode dɔ sesẽwo asi na mí.
Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo; eye wotu nudzraɖoƒewo na Farao, siwo nye Pitom kple Ramses.
Eye dɔ sesẽ wowɔ na agbenɔnɔ ti wo; wonyã anyi, me anyikpe, eye wowɔ agbledɔ ƒomevi vovo vo, siwo wozi wo dzi nublanuitɔe de asi na wo la.
Ne miele vi xem na Hebri-nyɔnua ɖe, eye miekpɔ le viadziƒe bena, ŋutsuvie la, ekema miawui, ke nenye nyɔnuvi la, ekema mina wòanɔ agbe!
Emegbe Farao de se na eƒe dukɔ la katã bena: Ne Hebritɔwo dzi ŋutsuvi la, ekema mitsɔe ƒu gbe ɖe Nil-tɔsisi la me, ke mina nyɔnuviwo katã nanɔ agbe.
Eye fia yeyea ɖe ɖu fia le! Egipte, amesi menya naneke le Yosef ŋuti o.
Eye wosesẽ na Israel-viwo ƒe dɔnunɔlawo be, woaɖagblɔ be, womeɖe woƒe gbesiagbe kpemème la dzi na wo o.
Elabena tso esime meva Farao gbɔ, eye meƒo nu le wo ŋkɔa me la, azɔ gɔ̃ wòle ŋuta sẽm le dukɔ la ŋu; ke wò la meɖe dukɔ la kpɔ o.
Dɔ la nu nasẽ na wo, ale be dɔ geɖe nanɔ wo si, ne womagaɖo to ameblenyawo o!
Mía fofowo ʋu va Egipte, eye míenɔ Egipte eteƒe didi; ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía kple mía fofowo ŋu.
Eye esi míedo ɣli yɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, Yehowa ɖo to míaƒe gbe, eye wòkpɔ miaƒe hiã, agbagbadzedze kple fukpekpewo me na mí,
Ke Yehowa ɖe miawo tso aŋɔɖakpo me le Egipte, bena mianye eya ŋutɔ ƒe dukɔ, abe alesi wòzu egbe siawo ene.